Mark 1:40-45

Yesu da gbe le anyidzela aɖe ŋu

(Mateo 8:1-4; Luka 5:12-16)

40Gbe ɖeka, anyidzela aɖe va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ na Yesu be, “Ne èlɔ̃ la, na nye ŋuti nakɔ.”

41Anyidzela la ƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta wòka asi eŋu hegblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, eya ta wò ŋuti nakɔ.” 42Enumake anyidzela la ƒe lãme sẽ. 43Yesu dɔe ɖa enumake kple sedede vevi sia be, 44“Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o. Ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia Osɔfo la eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”

45Gake esi ŋutsua dzo yina la, eɖe gbe ƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒe teƒewo va egbɔ.

Copyright information for EweBEE